Luke 12:2-7

2Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolowɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene. 3Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la woaɖe gbeƒãe be ame sia ame nase.

Ame si wòle be woavɔ̃

(Mateo 10:28-31)

4“Nɔvi lɔlɔ̃wo, migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o. 5Gake magblɔ ame si wòle be miavɔ̃ la na mi eyae nye Mawu ame si si ŋusẽ le be wòate ŋu awu ame atsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔ me.

6“Ho nenie akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋee aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o. 7Mawu nya miaƒe taɖawo ƒe xexlẽme gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu sã wu akpakpawo.

Copyright information for EweBEE